Matthew 23

Babaadodo na Farisitɔwo kple Agbalẽfialawo

(Marko 12:38-40; Luka 11:37-52, 20:45-47)

1Tete Yesu gblɔ na ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo bena, 2“Sefialawo kple Farisitɔwo nɔ Mose ƒe Zi dzi. 3Eya ta miɖo to wo eye miawɔ nu sia nu si wogblɔ na mi gake migawɔ nu si wowɔna la o, elabena woawo ŋutɔ mewɔna ɖe nu siwo fiam wole la dzi o. 4Woblaa agba kpekpewo hetsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta gake woawo ŋutɔ mele klalo be yewoatsɔ yewoƒe asibidɛ akpe ɖe ameawo ŋu gɔ̃ hã o.

5“Nu sia nu si wowɔna la, ɖe wowɔnɛ ko be yewoadze abe ame nyuiwo ene le gota. Woƒe mawunya kpukpui, ŋkuɖodzinu siwo wosana ɖe ŋgonu kple abɔ la kekena wua ame sia ame tɔ eye wodea dzesi tɔxɛ woƒe awuʋlayawo to be amewo nakpɔ be yewo nye ame kɔkɔewo. 6Wolɔ̃a kplɔ̃ta nɔnɔ le nuɖuƒewo eye wolɔ̃a ŋgɔgbe zikpuiwo dzi nɔnɔ le woƒe ƒuƒoƒewo. 7Ne wole ablɔ dzi yina eye amewo le ŋkɔ dam ɖe wo dzi be, ‘Nufiala’ kple ‘Aƒetɔ’ la, evivia wo nu ŋutɔ. 8Migana be ame aɖeke nada ŋkɔ siawo tɔgbi ɖe mia dzi o. Elabena Mawu ɖeka hɔ̃ koe nye miaƒe Nufiala, eye le mia dome la, mi katã miesɔ abe nɔviwo ene. 9Migayɔ ame aɖeke le anyigba dzi afi sia be Fofo o, elabena Mawu ɖeka si le dziƒo koe wòle be míayɔ nenema. 10Eye migana hã be woayɔ mi be Nufiala o, elabena Nufiala ɖeka koe li na mi, eyae nye Mesia la.

11“Ne miebɔbɔ mia ɖokuiwo eye miesubɔ ame bubuwo la, miaƒe gãnyenye adze wu le wo gbɔ. Ne ame aɖe di bena yeanye amegã la, netsɔ eɖokui wɔ subɔlae boŋ. 12Ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi la, woaɖiɖi wo ɖe anyi. Ke ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe anyi la woado wo ɖe dzi.

13“Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo alakpanuwɔlawo! Mietu dziƒofiaɖuƒe la ƒe agbo ɖe amewo nu. Miawo ŋutɔ miele eme yi ge o, eya ta mieɖe mɔ be ame siwo le agbagba dzem be woage ɖe eme la hã nayi eme o.

14“Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Miekpɔ mɔ le ahosiwo ŋu, hexɔa woƒe aƒewo le wo si sesẽtɔe eye emegbe miebua doa gbe didiwo ɖa! Le esia ta la mieƒe tohehe asesẽ wu bubuawo tɔ!

15“Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Mietsana le anyigbadzi kple atsiaƒuwo dzi, ɛ̃, afi sia afi ko be miawɔ ame ɖeka wòazu Yudatɔ le xɔse me, eye ne ezui la, miewɔnɛ wòzua dzomavɔʋemevi zigbɔ zi eve wu miawo ŋutɔ.

16“Babaa na mi, mi kplɔla ŋkugbagbãtɔwo! Miegblɔna be, ‘Ne ame aɖe yɔ gbedoxɔ ta nui la medze vɔ̃ o, gake ne eyɔ sika si le gbedoxɔ me ta nui la, atam la blae’ 17Mi bometsila ŋkugbagbãtɔwo! Kae lolo wu, sika la alo gbedoxɔ si wɔ sika la gɔ̃ hã be wòle dzadzɛa? 18Miawo kee gblɔ be ame si ta vɔsamlekpuia la, ate ŋu ada le atam si wòka la dzi faa, gake ne ame aɖe ta nunana si le vɔsamlekpuia dzi la, edze agɔ vevie nenye be wòda le ŋugbe si wòdo la dzi. 19Mi ŋkuagbãtɔwo! Kae le vevie wu, nunana si le vɔsamlekpuia dzi loo alo vɔsamlekpuia ŋutɔ si nana be nunana ŋuti kɔna? 20Nenye be mieta vɔsamlekpuia ekema mietae kple nu siwo katã le edzi, 21eye ne mieta gbedoxɔ la, ekema mietae kple Mawu ame si nɔa eme. 22Nenye be mieta ‘Dziƒo’ la minyae be mieta Mawu ƒe Fiazikpui kple Mawu ame si nɔa edzi.

23“Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo alakpanuwɔlawo! Mienaa adrike, sikɔni kple tsyo ƒe ewoliawo gɔ̃ hã, gake miegblẽ se la ƒe nu vevietɔ siwo nye afia nyui tsotso, nublanuikpɔkpɔ kple nuteƒewɔwɔ la ɖi. Ele be miawɔ ɖe esiawo hã dzi eye mele be miagbe ekemɛawo hã o. 24Mi kplɔla ŋkugbagbãtɔwo! Mieɖea nudzodzoe suetɔ kekeake le miaƒe nunonowo me ƒua gbe, gake miehe mia kpɔsɔ ya.

25“Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo! Mieklɔa kplu kple nuɖugba ŋuti, gake wome yɔ fũu kple ŋukeklẽ kpakple ɖokuitɔdidi. 26Farisitɔ ŋkugbagbãtɔwo! Miklɔ kplu la kple nuɖugba la me gbã ekema wo godo hã la ɖi nyuie.

27“Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Ɖeko miele abe yɔdokpe siwo wosi akalo na la ene, esiwo dzena le gota nyuie, ke wo me yɔ fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple numakɔmakɔ bubuwo. 28Miawo hã, nenema kee miedze le gota le amewo gbɔ abe ame dzɔdzɔawo ene, gake miaƒe ememe yɔ fũu kple alakpanuwɔwɔ kpakple vɔɖivɔ̃ɖi.

29“Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Miewɔ ŋkuɖodzikpe na nyagblɔɖilawo eye mieɖo atsyɔ̃ na ame dzɔdzɔwo ƒe yɔdowo. 30Eye miegblɔ bena, ‘Ne ɖe míenɔ agbe le mía fofowo ŋɔli la, míawɔ ɖeka kpli wo le nyagblɔɖilawo ƒe ʋu kɔkɔɖi me o’ 31Ale mieɖi ɖase le miawo ŋutɔ ɖokui ŋu be mienye ame siwo wu nyagblɔɖilawo ƒe dzidzimeviwo. 32Enyo ŋutɔ, azɔ miwu nu vɔ̃ dɔ si gɔme mia fofowo dze la nu.

33“Mi dawo! Dawo ƒe dzidzimeviwo! Ale ke miawɔ asi le dzomavɔʋe ƒe fɔbubu nu?

34“Eya ta mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple nufiala siwo me Gbɔgbɔa yɔ fũ la hã ɖom ɖe mi, ke miawo la, miawu wo dometɔ aɖewo alo aklãwo ɖe atitsoga ŋu, miaƒo ɖewo le miaƒe ƒuƒoƒewo eye miati geɖewo hã ƒe agbe yome tso afii yi afi mɛ. 35Ne miewɔ esiawo la ekema ame kɔkɔe siwo wowu tso keke Abel dzi va se ɖe Zakaria, Barakia vi si miewu le Vɔsamlekpui kple Kɔkɔeƒea dome le gbedoxɔa me la ƒe ʋu ava mia dzi. 36Ẽ, mele egblɔm na mi bena, tohehe siwo katã wodzra ɖo ɖi tso ɣemaɣi ke va se ɖe fifia la ava dzidzime sia dzi.

Konyifafa ɖe Yerusalem ŋu

(Luka 13:34-35)

37“O, Yerusalem, Yerusalem, wò du si me tɔwo wu nyagblɔɖilawo eye woƒu kpe ame siwo Mawu ɖo ɖe wò! Medi zi geɖe bena maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklo ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋalãwo te ene, gake wogbe womena mɔm o. 38Azɔ woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe. Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, miagakpɔm azɔ o, va se ɖe esime miagblɔ be woayra ame si gbɔna le Aƒetɔa ƒe ŋkɔ me.”

39

Wogblɔ nya ɖi tso gbedoxɔ la gbagbã ŋuti

(Marko 13:1-2; Luka 21:5-6)

Copyright information for EweBEE